Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 4:18 - Agbenya La

18 Mose trɔ yi aƒe me; edzro nya la me kple toa, Yetro, hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, ɖe mɔ nam matrɔ ayi nye ƒometɔwo gbɔ le Egipte ne makpɔe ɖa be wogale agbe mahã?” Yetro ɖo eŋu be, “Yi faa, nye yayrawo le yowòme.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 4:18
11 Mawu Ofanana  

Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o.


Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.”


Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de.


Mose xɔ Reuel ƒe kpekpe la, eye wòlɔ̃ be yeanɔ egbɔ. Reuel tsɔ via si woyɔna be Zipora la nɛ wòɖe.


Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.


Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.”


Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti, eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miyi le ŋutifafa me.”


Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ, eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.


Nunɔla la ɖo eŋu be, “Miyi le ŋutifafa me, Yehowa le mia ta kpɔm.”


Eli gblɔ be, “Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la wò!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa