Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”
Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi.
“Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.”