Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 4:14 - Agbenya La

14 Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, nɔviwò Aron, Levitɔ la, ƒoa nu nyuie, egbɔna ava di wò le afi sia. Akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔ wò,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Yehowa, do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu gblɔ bena: Alo nyemenyae bena, nɔ viwò Aron, Lewitɔ la, nya nuƒoƒo nyuie oa? Kpɔ ɖa, egbɔna kpe; wò ge, eye ne ekpɔ wò la, dzi adzoe ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 4:14
19 Mawu Ofanana  

Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.


Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu.


Mawu hã mekpɔ dzidzɔ le amexexlẽ sia ŋu o, eya ta wòhe to na Israel ɖe eta.


Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa.


Ke Mose gagblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ɖo ame bubu aɖe ɖa.”


gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.”


Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ.


Wogblɔ be, “Ɖe Yehowa ƒo nu to Mose ɖeɖe ko dzia? Ɖe meƒo nu to míawo hã dzi oa?” Ke Yehowa se nya sia.


Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o. Esia ta medo taflatse na Troatɔwo, eye medzo le afi ma heyi Makedonia.


Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene.


“ ‘Meɖo Mose kple Aron ɖa be woahe dɔvɔ̃ dziŋɔwo va Egipte dzi, eye mekplɔ nye ameawo dzoe abe ablɔɖemewo ene.


“Esime Israelviwo nɔ Egipte eye wodo ɣli ɖe kuku na Yehowa la, Yehowa ɖo Mose kple Aron ɖa be woakplɔ wo va anyigba sia dzi.


Gbe ɖeka la, Mawu ƒe ame aɖe va Eli gbɔ eye wògblɔ nya siawo, siwo tso Yehowa gbɔ la nɛ. “Ɖe nyemeɖe nye ŋusẽ fia esi Israelviwo nye kluviwo le Egiptenyigba dzi oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa