Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 4:1 - Agbenya La

1 Ke Mose gblɔ be, “Womaxɔ dzinye ase o! Womawɔ nu si magblɔ na wo be woawɔ o. Woagblɔ be, ‘Yehowa meɖe eɖokui fia wò o!’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mose do ŋu gblɔ bena: Ne womexɔ nye nya dzi se o, eye womeɖo to nye gbe o, ke boŋ wogblɔ bena: Yehowa mede eɖokui fia wò o ɖe?

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 4:1
14 Mawu Ofanana  

Gbe ma gbe ke la, Mawu ƒe ame la na dzesi be, “Esiae nye dzesi si Yehowa gblɔ ɖi. Vɔsamlekpui la ama ɖe eve eye dzofi si le edzi la akaka ɖe anyigba.”


Ŋutsu sia biae be, “Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèle didim be yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?” Vɔvɔ̃ ɖo Mose, elabena ebu xaa be, “Ɖewohĩ nu si mewɔ la le nyanya me na amewo.”


Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ.


“Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte.


“Israelviwo ƒe dumegãwo axɔ wò nya la, ekema woakplɔ wò ayi Egipte fia Farao gbɔ, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu, va do go mí, eye wòbia tso mía si be míazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ayi gbedzi aɖasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma.’


Ke Mose ɖe kuku na Yehowa be, “O, nye Aƒetɔ, nyemeƒoa nu nyuie o. Nyemeƒo nu nyuie kpɔ o; nyemenye nuƒola nyui aɖeke fifia hã o, togbɔ be èƒo nu nam gɔ̃ hã, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu tututu o.”


Aron gblɔ nu siwo Yehowa gblɔ na Mose la na wo, eye Mose wɔ nukunuawo wokpɔ.


Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe.


Ke Mose ɖe ɖeklemi Yehowa hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, ne Israelviwo maɖo tom o la, aleke Farao ya aɖo tom, elabena nyemenye nuƒola nyui hã o.”


Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?”


Ke megblɔ be, “O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye.”


Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye


Mose bui be wɔna sia ana be eya ŋutɔ nɔviawo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi, gake womexɔe nenema o.


Gideon ɖo eŋu be, “Ke azɔ la, ne mekpɔ amenuveve le wò ŋkume la, na dzesim ne manyae be wòe le nu ƒom nam vavã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa