Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 39:42 - Agbenya La

42 Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Alesi tututu Yehowa de se na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israel-viwo wɔ dɔ blibo lae.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 39:42
15 Mawu Ofanana  

Wowu xɔ blibo la tutu nu le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti enyilia, Bul me. Ale gbedoxɔ la tutu xɔ ƒe adre.


Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã.


Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene.


“Mi ame siwo katã nye aɖaŋudɔwɔlawo, eye ŋutete tɔxɛwo le mia si la, miva, eye miawɔ nu siwo Yehowa ɖo na mi be miawɔ:


Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba.


Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.


Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.


Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat abe ale si Yehowa gblɔ nam ene.


Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.


Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”


“Miwɔ se ɖe sia ɖe si mede na mi la dzi. Migakpe naneke ɖe wo ŋu o, eye migaɖe naneke le wo me hã o.”


Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia.


Meʋli ʋiʋli nyui la, mewu duɖimekeke la nu, eye melé xɔse la me ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa