Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 39:30 - Agbenya La

30 Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Emegbe wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ŋgoblanu kɔkɔe la, eye ŋkɔɖelawo ta nu ɖe dzi bena: „Yehowa ƒe kɔkɔetɔ!“

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 39:30
11 Mawu Ofanana  

“Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la.


Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.


Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.


Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “Èle kɔkɔe na Yehowa,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene.


Ke eya ŋutɔ gbɔ wòtso miele Yesu Kristo me, ame si zu nunya, dzɔdzɔenyenye, kɔkɔenyenye kple ɖeɖe si tso Mawu gbɔ la na mi.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.


Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo kple nunɔlawo ne woasubɔ míaƒe Mawu la, eye woaɖu fia le anyigba dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa