Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 38:8 - Agbenya La

8 Etsɔ akɔblihuhɔ̃e wɔ tsileze la kple eƒe zɔ. Nyɔnu siwo subɔna le agbadɔ la nu lae na ahuhɔ̃eawo wotsɔ wɔ woe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Etsɔ akɔbli wɔ tsileze la kple eƒe zɔ; nyɔnu, siwo subɔna le Mawu ƒe agbadɔa nu la, ƒe ahuhɔ̃ewo wòtsɔ wɔe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 38:8
23 Mawu Ofanana  

Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi.


Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã.


Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa,


Eye Yehowa gblɔ na Mose be,


numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo, tsileganu la kple eƒe zɔ,


Wotsɔ atiawo ƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi. Wotsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui lae, eye do le eme.


Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme.


Woayra ame si ɖoa tom, nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe eye wòlalana le nye kpui nu


ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.


“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Dɔlanyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”


eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ be eŋuti nakɔ nyuie. Mia ŋuti kɔ, gake menye mi katã ŋutie kɔ o.”


gake enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la bubu sia, ame si nunɔlagã la nya la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm, eye wòɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme.


Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii,


Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.


Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la, enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene.


kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,


Eli zu amegãɖeɖi aɖe azɔ gake enya nu siwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, enya be ye viŋutsuwo nɔ ahasi wɔm kple ɖetugbi siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa