Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 38:21 - Agbenya La

21 Nu siwo katã agbadɔ la tutu lɔ ɖe eme la woe nye: agbadɔ si nye nubablaɖaka la ƒe nɔƒe, esi Levi ƒe viwo lé da ɖi le Mose ƒe sedede nu, eye wowɔ esia le Aron ƒe viŋutsu, nunɔla Itamar ƒe kpɔkplɔ te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Esia enye nɔƒe la, si sea le la, ƒe home, si nunɔla Aron viŋutsu Itamar bu na Lewitɔwo le Mose ƒe nya la nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 38:21
31 Mawu Ofanana  

Amram ƒe viwoe nye: Aron, Mose kple Miriam. Aron ƒe viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.


Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”


Ègblɔ na Mawu be ‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o eye medza le ŋkuwòme.’


Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te. Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,


Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?


Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me.


Tsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ eneawo ŋu. Tsɔ Aɖaka si me kpe siwo dzi woŋlɔ Mawu ƒe seawo ɖo la da ɖe xɔmetsovɔ sia megbe. Xɔmetsovɔ la ama Kɔkɔeƒe la ɖa tso Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la gbɔ.


Wotsɔ akɔbli tu tsyoti siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu kple xɔxɔnu la wɔwɔ me.


Aɖaŋutɔwo ƒe tatɔwoe nye Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur si tso Yuda ƒe to la me ƒe tɔgbuiyɔvi. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.


Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la.


Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar.


elabena Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo ku ɖe Agbadɔ la kple ekɔkɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu ŋu. Woanɔ Agbadɔ la gbɔ,


Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.”


Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe.


Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ.


“O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo!


Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me.


Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”


“Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia ɖe nɔnɔme si Mawu ɖee fia Mose be wòawɔe la nu.


Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo.


eyae subɔna le gbedoxɔ kple agbadɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.


Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o.


Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi,


Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.


Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la wònɔ ʋuʋu.


Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa