Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:8 - Agbenya La

8 eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:8
18 Mawu Ofanana  

Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!”


togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu,


Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ, eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga.


Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.


Miɖo ŋku edzi be miekpɔ mɔ awɔ legba aɖeke kple klosalo alo sika alo kple nu bubu aɖeke asubɔ o!


“Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo.


Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!”


“Miɖɔ ŋu ɖo be miagawɔ nubabla aɖeke tɔgbi kple ame siwo le anyigba la dzi o. Mawu geɖewo subɔlawo wonye, eya ta ne miewɔ ɖeka kpli wo la, woakpe mi ayi woƒe legbawo subɔƒe, eye míaɖu woƒe vɔsanuwo.


Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ.


Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo ene esi melé woƒe alɔnu be makplɔ wo do goe le Egipte la ene o. Elabena wotu nye nubabla la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,” Yehowae gblɔe.


Woawɔ alea, ale be amewo masa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo le gbedzi o. Esia anye se na mi tegbetegbe tso dzidzime yi dzidzime.’


Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o.


Egblɔ nam be maɖi yi anyigba kaba, elabena dukɔ si mekplɔ tso Egipte la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui; eɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu kaba, eye wòlolõ ga hetsɔ wɔ legbae.


Le toa te la, mekpɔ nyivi si miewɔ le miaƒe nu vɔ̃ si miewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu me. Miegbugbɔ le Yehowa yome kaba ŋutɔ!


Esi woɖo Gilead la, wogblɔ na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã bena,


Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo.


Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa