Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 32:34 - Agbenya La

34 Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 32:34
21 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo; togbɔ be èhe to na wo le woƒe nu tovowo ta hã la, ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel.


Wò la, àkplɔ wo aɖo wo te le wò to si nye wò domenyinu la dzi. O, Yehowa, teƒe si nèwɔ be wòanye wò nɔƒe la, Aƒetɔ, Kɔkɔeƒe si nètsɔ wò ŋutɔ wò asiwo wɔe la.


Mègade ta agu na wo alo asubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ame siwo léa fum la ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,


“Kpɔ ɖa, mele Mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò be wòakplɔ wò dedie ayi anyigba si medzra ɖo ɖi na wò la dzi.


Mele ŋugbe dom be maɖe mi tso miaƒe fukpekpewo me le Egipte, eye makplɔ mi ayi anyigba si dzi Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia la dzi, anyigba si dzi anyitsi kple notsi bɔ ɖo.’


Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim.


Madɔ Mawudɔla aɖe ɖa wòakplɔ mi, eye manya Kanaantɔwo, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ɖa le anyigba la dzi.


Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,


Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi: “Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo; woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta Yehowa mexɔ wo o. Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi, eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”


Eya ta ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ na alẽkplɔla siwo le nye dukɔ la kplɔm lae nye esi: “Esi mielé be na nye alẽhawo o, ke boŋ miekaka wo eye mienya wo de gbe ta la, mahe to na mi ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.” Yehowae gblɔe.


Yehowa be, “Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?


Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa? Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?” Yehowae gblɔe.


Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.


Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.


“Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo,


Ke esi míedo ɣli na Yehowa la, ese míaƒe kokoƒoƒo, eye wòɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí dzoe le Egipte. “Fifia míele Kades. Míeƒu asaɖa anyi ɖe wò liƒo dzi.


Ne miewɔ esiawo la, ekema ame kɔkɔe siwo wowu le anyigba dzi tso keke Abel dzi va se ɖe Zekaria, Barakia ƒe vi si miewu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome le gbedoxɔa me la, ƒe ʋu ava mia dzi.


Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa