Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ.
Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis eye wotsɔa sika tsoa Ufaz. Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.