Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:4 - Agbenya La

4 Esi Yehowa kpɔ be Mose yi be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve bibi la me be, “Mose, Mose!” Eye Mose tɔ be, “Nye nye esi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:4
18 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.”


Le ɣe ma ɣi me tututu la, Yehowa ƒe dɔla aɖe do ɣli tso dziƒo be, “Abraham, Abraham!” Abraham tɔ be, “Nyee nye esi.”


Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.”


Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!” Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.”


Mawu gblɔ nya ɖeka, eye mese nu eve le eme be, “Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ,


Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi,


Tete Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le ŋuve aɖe si nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la me. Esi Mose kpɔ be ŋuve la nɔ bibim, gake menɔ fiafiam o la,


Mose gblɔ na Yehowa le agbadɔ la me be, “Ègblɔna nam be, ‘Kplɔ dukɔ sia yi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ Ke mègblɔ ame si nàɖo ɖa kplim la nam o. Ègblɔ be yenyam kple nye ŋkɔ, eye yeƒe amenuveve la li kplim.


Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.”


Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be,


Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.”


Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”


Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?”


Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo kple anyigbadzinu geɖewo, kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve. Yayra siawo katã nava Yosef dzi. Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.


Yehowa gayɔe abe tsã ene be, “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, ƒo nu, wò dɔla le to ɖom.”


Yehowa yɔe be, “Samuel! Samuel!” Samuel tɔ be, “Papaa!”


Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”


Yehowa gayɔ Samuel zi etɔ̃lia. Samuel gaƒu du yi Eli gbɔ eye wògagblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Azɔ Eli dze sii be Yehowae nɔ nu ƒom na ɖevia


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa