Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 3:22 - Agbenya La

22 Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 ke nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le eƒe aƒelika kple eƒe me medzrowo si, eye miatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo. Ale miaha Egiptetɔwo enye si!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 3:22
9 Mawu Ofanana  

Ke mahe to na dukɔ ma si awɔ wo kluviwoe. Emegbe la, woado le dukɔ ma te kple kesinɔnu geɖewo.


Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã.


Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika, eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o.


Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.”


Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.


Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.


Mahiã wo be woafɔ nake le gbedzi loo alo alãe le avewo me o, elabena woawɔ aʋawɔnuwo ŋu dɔ abe dzodonuwo ene. Emegbe la, woada adzo ame siwo da adzo wo, eye woaha ame siwo ha wo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa