Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 28:9 - Agbenya La

9 Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Emegbe natsɔ soham-kpe eve aɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi;

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 28:9
16 Mawu Ofanana  

(Sika la nyo ŋutɔ. Resin kple onikskpe hã le afi ma.)


Mewɔ nu sia nu si le nye ŋutete me eye medi nu siwo katã hiã na xɔ la tutu, esiwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati, ‘oni’ kple kpe xɔasi bubuwo, adzagba xɔasiwo kple kpeɣi.


“Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla siwo wɔa sika, klosalo, gadzĩ kple gayibɔ ŋu dɔ kple avɔlɔ̃lawo be woawɔ aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzĩ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔ woakpe ɖe dɔwɔla siwo fofonye David tia da ɖi tso Yuda kple Yerusalem la ŋuti.


Màte ŋu aƒlee kple sika adodoe si tso Ofir alo kple kpe xɔasiwo, oniks kple safir o.


onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu,


Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu.


Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.


“Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be, wokɔ eŋuti na Yehowa, abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene.


Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe.


Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.


Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.


Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi,


Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene. Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku, eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene. Ebina abe dzo ene, eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene.


Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒowo me, eye wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.


Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me, kpe xɔasi ɖe sia ɖe ɖo atsyɔ̃ na wò, Kanelian, krisolit kple emerald, topaz, oniks kple yaspa, lapis lazuli, tɔkuɔs kple beril. Sikae wotsɔ ɖo to na wò, eye eya kee wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò le gbe si gbe wowɔ wò.


Yehowa, woƒe Mawu la aɖe wo gbe ma gbe abe ame siwo nye eƒe alẽhawo ene. Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi abe adzagba le fiakuku ŋu ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa