Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 27:3 - Agbenya La

3 Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nawɔ afilɔnuwo, sofiwo, zewo, gaflowo kple dzoɖesonuwo ɖe eŋu, eye natsɔ akɔbli awɔ eŋuti nuawo katãe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 27:3
17 Mawu Ofanana  

Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo ɖo nɛ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la nu. Nu siwo wòwɔ la woe nye esiawo:


zewo, sofiwo kple trewo. Nu siawo katã Huram wɔ na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple akɔbli si ŋu wozrɔ̃.


Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtrugawo kple gbedoxɔ la ƒe mɔnuʋɔtru.


Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe.


Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo.


Eda sika nyuitɔ na gaflowo, ʋuhlẽgbawo kple kpluwo wɔwɔ. Eda sika na sikagbawo wɔwɔ. Nenema kee wòda klosalo na klosalogbawo wɔwɔ.


Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo de asi nɛ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu.


zewo, sofiwo kple gaflowo. Huram Abi, aɖaŋutɔ gã la wɔ nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la.


Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


“Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã.


Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu.


Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu.


Etsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo.


atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo.


Woatsɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le vɔsamlekpui la dzi la ada ɖe avɔ la dzi. Nu siawoe nye afilɔnuwo, gaflowo, sofiwo, zewo kple vɔsamlekpui la dzi nu bubuawo katã, eye woatsɔ tɔmenyigbalẽ atsyɔ wo dzi. Woatsɔ nukɔkpoawo ade woƒe gagodoeawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa