Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 27:16 - Agbenya La

16 “Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esia megbe avɔlɔ̃lawo natsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ, ka dze kple ɖeti ɣi dada alɔ avɔ, si adidi abɔklugui blave hena agbo la nu, eye kpɔti ene, siwo gɔme afɔ ene le la, nakpe ɖe eŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 27:16
10 Mawu Ofanana  

Edo awu legbe si wolɔ̃ kple ka, eye wokplɔe va fia la gbɔe; eƒe dɔlanyɔnu siwo menya ŋutsu o la kplɔe ɖo, eye wokplɔ wo vɛ na wò.


“Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmetsovɔ, eye nàna aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ nalɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


“Tsɔ avɔ si wolɔ̃ aɖaŋutɔe kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖetika ɣi la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ kɔkɔe la.


Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.


Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae.


“Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me.


Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la.


Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.


kpɔ si ƒo xlã nɔƒe la, vɔsamlekpui la kple ka siwo katã wotsɔ bla agbadɔ la ɖekae kple mɔnuvɔ la dzi.


‘Ɖe menye afunyinu geɖe lɔm wole hele mamam nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe, atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera abe nuhaha ene, atsyɔ̃ɖowu siwo to wolɔ̃ nu ɖo, wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie be woadze kɔme nam eye esiawo katã nanye nuhaha oa?’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa