Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 24:7 - Agbenya La

7 Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wotsɔ agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, miawɔe, eye míalé eme ɖe asi!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 24:7
17 Mawu Ofanana  

Naneke menɔ nubablaɖaka la me ɣe ma ɣi o, negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de wo me le Horeb to la dzi esime Yehowa bla nu kple Israelviwo le woƒe dzodzo le Egipte megbe la ko.


Woka atam na Yehowa kple ɣlidodo sesĩe kple kpẽwo kple lãdzowo kuku.


“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam, ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”


Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.


Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa.


“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be,


Eɖanye nya nyui alo nya vɔ̃ o, míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la ame si gbɔ míele dɔwòm ɖo, be eme nanyo na mí, elabena míaɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la.”


“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Ɖe menye fofo ɖeka ƒe viwoe míenye oa? Eye ɖe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Ekema nu ka ta míewɔa nu tovowo ɖe mía nɔewo ŋuti, eye míetua mía fofowo ƒe nubabla la?


Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”


Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ, eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo la hã miaxlẽ.


Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.


Ameawo ɖo eŋu na Yosua be, “Ɛ̃, míasubɔ, eye míaɖo to, Yehowa míaƒe Mawu ko!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa