Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 24:11 - Agbenya La

11 Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke mewɔ naneke Israel-viwo ƒe ame ŋkutawo o, eye woɖe ŋku ɖe Mawu ŋu, emegbe woɖu nu, eye wono nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 24:11
24 Mawu Ofanana  

Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”


Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi.


Tete Yakob sa vɔ na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ dɔ le to la dzi.


Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt.


Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi.


Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o.


Ètsɔm ɖe tome, le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye.


Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku.


Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm.


Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!


Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe; woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o. Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo, wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta.


Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.”


Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume. Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o; ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu, atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?”


Esiae nye vudo si amegãwo kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔwo kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.” Wodzo le gbegbe la,


Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.


Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali!


Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”


“Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ; Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa