Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 24:1 - Agbenya La

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 24:1
20 Mawu Ofanana  

Amram ƒe viwoe nye: Aron, Mose kple Miriam. Aron ƒe viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.


Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo.


Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ.


Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.”


Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.


Le esime ameawo le tsitre ɖe adzɔge la, Mose ge ɖe blukɔ si me Mawu nɔ la me.


Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame.


Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.”


Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la.


“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene.


Mawu gblɔ nɛ be, “Mègate va afi sia o. Ɖe wò afɔkpawo da ɖi, elabena anyigba kɔkɔe dzie nèle tsitre ɖo.


Dzra ɖo etsɔ ŋdi nàva kpɔm le Sinai to la dzi.


Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar.


Ametsitsi blaadre tso Israel ƒe aƒe la me tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye Yaazania, Safan ƒe vi, nɔ tsitre ɖe wo dome. Ɖe sia ɖe lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋĩ ƒe babla nɔ dzi dem.


Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò.


Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me.


Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”


Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa