Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 23:9 - Agbenya La

9 “Mègate amedzrowo ɖe to o, wò ŋutɔ ènya nu si amedzronyenye nye. Ɖo ŋku wò nuteƒekpɔkpɔwo le Egipte dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Migase ŋuta le amedzrowo ŋu o, elabena mia ŋutɔwo mienyã, alesi wònɔna na amedzrowo, elabena míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpɔ?

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 23:9
13 Mawu Ofanana  

Wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye wowu tsyɔ̃eviwo hã.


Ke ne kluvi la alo kosivi la meku le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe o la, ekema mele be woahe to aɖeke na aƒetɔ la o, elabena eya ŋutɔ tɔe nye kluvi la alo kosi la.


“Ele be woawu ame sia ame si sa vɔ na mawu, si menye Yehowa o la godoo.


“Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi.


Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o.


Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti.


“ ‘Migate amedzro siwo le miaƒe anyigba dzi la ɖe to o, eye migaba wo o.


Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’


Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ.


Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ.


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa