Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 23:3 - Agbenya La

3 eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Megaɖe ami ɖe ame dahe ƒe nya o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 23:3
10 Mawu Ofanana  

“Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o.


Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi alo atrɔ ame maɖifɔ ƒe nya dzɔdzɔe atsyɔ anyi o.


Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o,


Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,


“ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.


Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ. Menya wo katã nyuie. Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu, eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe,


Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’


Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso.


Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa