Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:4 - Agbenya La

4 “Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne amea ɖe kplɔ lãwo yi eƒe boƒo alo weingble me, eye wòɖe asi le wo nu woɖagblẽ ame bubu ƒe agble la ekema wòatsɔ eƒe agblemenuwo aɖo nusi wogblẽ la teƒe; ke nenye agble blibo la wogblẽ la, ekema wòatsɔ eƒe boƒonu nyuitɔ alo weingblemenu nyuitɔ aɖo eteƒe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:4
11 Mawu Ofanana  

“Ne ame aɖe fi ame la, ele be woawui ne wokpɔ ame si wòfi la le egbɔ loo alo ne edzrae abe kluvi ene xoxo.


“Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ele be fiafitɔ la natsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi ɖeka si wòfi la teƒe, eye wòatsɔ alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe.


“Ne ame aɖe nya hafi ɖe asi le eƒe lã aɖe ŋu wòge ɖe ame bubu ƒe waingble me alo wòna wòyi ame bubu ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe la, ele be wòatsɔ eƒe agblemenuku nyuitɔwo aɖo nu siwo eƒe lã la gblẽ la teƒe wòasɔ gbɔ ade nugbegblẽ la nu.


“Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve.


“Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia.


gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi.


De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be, eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu. Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.


Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’ ”


alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi.


Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.


Samuel yi edzi be, “Yehowa kple eƒe amesiamina la nye nye ɖasefo be miate ŋu atsɔ nya ɖe ŋunye be meda adzo yewo o.” Ameawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa