Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:22 - Agbenya La

22 “Mele be miaba ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ne ete wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la,

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:22
23 Mawu Ofanana  

“Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu,


Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo


Ke wò, O! Mawu, koe kpɔa dzɔgbevɔ̃e kple vevesese; èbua eŋuti, eye asiwò me wole. Ame si le fukpekpe me la, tsɔa eɖokui dea asi na wò; elabena wòe nye xɔnametɔ na tsyɔ̃eviwo.


Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.


elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo.


Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o


elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.


ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.


Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.


be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi, woada adzo dzɔdzɔenyenye le ame teɖeanyiwo si, woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo.


ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe to o eye miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi le teƒe sia o; ne miedze mawu bubuwo yome hena miawo ŋutɔ ƒe gbegblẽ o la,


ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye wo tɔ tegbee la dzi.


Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti.


Migate ahosiwo alo tsyɔ̃eviwo, amedzrowo alo ame dahewo ɖe anyi o. Migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe mia nɔewo ŋu o.’


“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe, eye emegbe la, miedoa gbe didiwo ɖa! Esia ta miaƒe tohehe asesẽ wu ame bubuawo tɔ!]


Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo.


Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e.


“Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o.


Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi.


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”


Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa