Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:14 - Agbenya La

14 “Ne ame aɖe ɣe nɔvia ƒe lã alo nu bubu aɖe, eye nuvevi wɔ lã la alo wòku la, ne nutɔ menɔ afi ma ɣe ma ɣi o la, ekema ele be ame si ɣee la naxe fe ɖe eta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke ne lã la tɔ le eteƒe la, ekema maɖo eteƒe o, elabena esi wòɣee la, ele fe xam ɖe eta.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:14
11 Mawu Ofanana  

Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.”


Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o, ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa.


ekema ame si ƒe vudo wònye la axe fe na nyitɔ ɖe lã la ta, eye lã kuku la azu vudotɔ tɔ.


ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o.


Nenye lã wɔadã aɖee wui la, ekema ele be dzikpɔla la natsɔ lã la ƒe kukua vɛ abe ɖaseɖiɖi kple kpeɖodzi ene. Ekema teƒeɖoɖo aɖeke mahiã o.


Ke ne nutɔ le teƒea la, womaxe fe aɖeke nɛ o. Nenye be ɖe wòɣe lã la be yeanɔ fe xem ɖe eta la, ekema mele be wòaxe fe bubu aɖeke na nutɔ o, elabena wobu lã la ƒe ku kple nuvevi si ate ŋu awɔe la ŋu hafi ƒo asi la.


Ne ame aɖe wu lã aɖe si menye etɔ o la, ele be wòaɖoe eteƒe.


Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.


“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã.


Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa