Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 22:10 - Agbenya La

10 “Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyi, alẽ alo lã bubu aɖe na nɔvia be wòakpɔ edzi na ye, eye lã la ku, alo nuvevi wɔe alo wòsi, eye ame aɖeke menya nu si tututue wɔe, eye woate ŋu aɖi ɖase le eŋu o la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 ekema woata Yehowa na nɔvia be, menye eya ŋutɔe ɖo asi nɔvia ƒe nu la dzi o, eye lã la tɔ naxɔ nya la nɛ, ekema fea ɖeke mele eme o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 22:10
6 Mawu Ofanana  

Yosef gbe hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu.


ekema lã la dzi kpɔla aka atam na Yehowa be menye yee fii o. Ele na nutɔ la be wòaxɔ atamkaka sia, eye teƒeɖoɖo aɖeke manɔ anyi o.


“Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia.


Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.”


Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si?


Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo, eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa