Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 21:6 - Agbenya La

6 ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 21:6
24 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”


Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome.


“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.


“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye le avu la wɔwɔ me la, avuwɔla ɖeka wɔ nuvevi funɔ aɖe, eye fua gblẽ nɛ, gake meku o la, ekema woana ŋutsu la naxe fe sia fe si funɔ la srɔ̃ abla nɛ, eye ʋɔnudrɔ̃lawo alɔ̃ ɖe edzi nɛ.


“Ke ne kluvi la ɖe gbeƒã be, ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo, eya ta nyemedi be mazu ablɔɖeme o’ la,


“Ne fofo aɖe dzra via nyɔnu wòzu kosi la, mazu ablɔɖeme le ƒe ade megbe abe ŋutsuwo ene o.


“Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o.


Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”


“ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye!


ke boŋ nàbui abe wò agbatedɔwɔla alo wò amedzro ene, eye wòasubɔ wò va se ɖe Aseyetsoƒe la me.


Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.


Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã.


“Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la,


ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.


Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, “Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa.”


Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”


David ɖo eŋu nɛ be, “Ekema wò ŋutɔ àkpɔe na ɖokuiwò, nu si wò dɔla ate ŋu awɔ.” Akis ɖo eŋu be, “Enyo matsɔ wò awɔ ŋunyedzɔlae hena wò agbemeŋkekewo katã.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa