Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 20:8 - Agbenya La

8 Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 20:8
22 Mawu Ofanana  

Eya ta le ŋkeke adrelia gbe, esi Mawu wu eƒe dɔwɔwɔwo nu la, edzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.


Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.


Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti.


Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi.


“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi. Miwɔ alea ale be miana dzudzɔ miaƒe nyiwo kple tedziwo kple miaƒe aƒemetɔwo, kluviwo kple amedzrowo siaa.


Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be,


Mose ƒo Israelviawo katã nu ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Esiawoe nye Yehowa ƒe se siwo dzi wòle be miawɔ.


Woayra ame si wɔna alea heléa eme ɖe asi sesĩe, ame si megblẽa kɔ ɖo na Dzudzɔgbe la o, ke boŋ wòléa eme ɖe asi, eye menana eƒe asi wɔa nu vɔ̃ɖi o.”


“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,


Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o.


Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene.


Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la,


Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”


“ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.


“ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.


“ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.


“ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa.


Gbe ɖeka esime Israelviwo nɔ gbedzi la, wolé Israelvi aɖe wònɔ nake fɔm le Dzudzɔgbe la dzi.


Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa