Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 2:5 - Agbenya La

5 Nu si va dzɔe nye be Fia Farao ƒe vinyɔnu, va tsi le ge le Nil tɔsisi la me. Esi eya kple eƒe dɔlanyɔnuwo nɔ zɔzɔm le tɔsisi la to la, ekpɔ kusi la le aƒlawo me. Edɔ eƒe dɔlanyɔnuawo dometɔ ɖeka ɖa be wòakɔe vɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Farao vinyɔnu va tsi le ge le Nil me. Ke egbɔ nyɔnuviwo le tsa ɖim le tɔa to. Kasiaa wòkpɔ kusia ɖe le aƒlawo dome ɖa, eye wòdo eƒe dɔlanyɔnu ɖa, be wòaɖatsɔe vɛ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 2:5
12 Mawu Ofanana  

Akpaviãwo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me.


Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ, xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.


Eʋu kusi la, eye wòkpɔ vidzĩ la le eme! Ɖevi la nɔ avi fam, nu sia wɔ dɔ ɖe fiavinyɔnu la dzi, eye wògblɔ be, “Ɖevi sia nye Hebri ŋutsuviawo dometɔ ɖeka.”


“Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi.


Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.


Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.


Yehowa dɔ ƒumelã gã aɖe wòmi Yona. Ale Yona nɔ ƒumelã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.


Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu adzrae ɖo o ta la, wokɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao ƒe vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa