Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 2:22 - Agbenya La

22 Wodzi ŋutsuvi ɖeka si wona ŋkɔe be Gersom si gɔmee nye “Amedzro,” elabena Mose gblɔ be, “Amedzroe menye le dzronyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye wòdzi ŋutsuvi ne, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ bena Gersom; elabena egblɔ bena: Amedzro menye le dzronyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 2:22
15 Mawu Ofanana  

“Amedzro menye le dzronyigba sia dzi; teƒe aɖeke mele asinye maɖi srɔ̃nye ɖo o. Meɖe kuku, midzra anyigba aɖe nam ne maɖi srɔ̃nye ɖe afi ma.”


Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la,


Elabena, ɣeyiɣi kpui aɖe ko míanɔ afi sia; míenye amedzro le anyigba dzi abe ale si mía fofowo nɔ do ŋgɔ na mí ene. Míaƒe ŋkekewo le anyigba dzi le abe vɔvɔlĩ ene; wo nu yina kaba eye wo teƒe buna.


Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o.


“O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.


Esi ɖevi la tsi la, dadaa kɔe yi na Farao ƒe vinyɔnu la, eye wòzu Via ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Mose, si gɔmee nye “Tɔ mee woɖee tsoe,” elabena egblɔ be tsi mee yeɖee tsoe.


“Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi.


Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!


“ ‘Miɖo ŋku edzi be tɔnyee nye anyigba la, eya ta migadzrae ɖikaa o. Gbɔnyenɔlawo kple amedzro siwo le agble dzi nam ko mienye!


Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale wòsi dzo le nuto la me yi ɖanɔ Midianyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.


Wowɔ teƒe na legbawo eye wowɔ Gersom ƒe vi kple Mose ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ŋkɔe nye Yonatan la kple via ŋutsuwo nunɔlawoe. Amewo tso ƒome sia me nye nunɔlawo va se ɖe esime woɖe aboyo anyigba la.


Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa