Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 19:12 - Agbenya La

12 Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɖo liƒo na dukɔ la godoo, eye nagblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, be amea ɖeke nagalia to la alo ade enu akɔ asi eŋu o. Amesiame, si aka asi toa ŋu la, ku ke wòaku!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 19:12
11 Mawu Ofanana  

Farao blu ɖe Mose ta be, “Bu le afi sia kaba! Mègana makpɔ wò mo azɔ gbeɖegbeɖe o. Gbe si gbe nàgado ɖe nye ŋkume la, ku kee nàku.”


Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku.


Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.”


Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.”


Kpɔ nyuie be màbla nu kple ame siwo le anyigba si dzi yim miele la gbeɖegbeɖe o, elabena ne miebla nu kpli wo la, miade asi woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me kaba.


Mègana ame aɖeke nava kpli wò o, eye ame aɖeke manɔ teƒe aɖeke le to sia dzi hã o. Mègana miaƒe alẽwo kple nyiwo naɖu gbe le teƒe si te ɖe to la ŋu o.”


Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie.


Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.


Menye to si ŋuti womate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ.


Mieva afi sia kpɔ o, eya ta nunɔlawo afia afi si miayi la mi, gake migate ɖe nubablaɖaka la ŋu kplikplikpli o; mina dometsotso abe kilomita ɖeka ene nanɔ miawo kple nubablaɖaka la dome. Mikpɔ egbɔ be yewomete ɖe eŋu wu nenema o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa