Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 18:9 - Agbenya La

9 Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yetro kpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa wɔ na Israel, kple alesi wòde wo tso Egiptetɔwo si me la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 18:9
8 Mawu Ofanana  

Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”


O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.


Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la,


“Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye mikpɔ dzidzɔ kplii, mi ame siwo katã lɔ̃e. Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii, mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta,


Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.


Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm la; mifa konyi kple ame siwo le konyi fam la.


Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye.


Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa