Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 18:7 - Agbenya La

7 Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Mose yi ɖakpe toa, eye wòde ta agu, eye wòɖuɖɔ nu nɛ; emegbe wòbia wo nɔewo ƒe dɔdɔ ta se, eye woyi agbadɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 18:7
23 Mawu Ofanana  

Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee,


Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.


Esi Laban se nya sia tso Yakob, nɔvia nyɔnu ƒe viŋutsu ŋu la, eɖe abla yi ɖakpee. Ekpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, kplɔe yi aƒe me, eye Yakob gblɔ nyawo katã nɛ le afi ma.


Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ.


Esi Yosef va la, wotsɔ nunanawo nɛ, eye wode ta agu nɛ.


Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.


Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe.


Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti.


Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.


Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.


Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.”


Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma.


Azɔ la, Yehowa gblɔ na Aron be, “Yi gbedzi ne nàkpe Mose.” Ale Aron zɔ mɔ yi Mawu ƒe to, Horeb gbɔ ɖado go Mose le afi ma, eye wògbugbɔ nu nɛ.


Esi Fia Balak se be Balaam gbɔna la, edzo le eƒe fiadu la me, eye wòyi be yeakpee le Arnon tɔsisi la gbɔ le eƒe anyigba ƒe liƒo dzi.


Le mía dekɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gake nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia.


Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi,


Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.


Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o.


Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam.


David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa