Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 18:13 - Agbenya La

13 Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Esi ŋu ke la, Mose bɔbɔ nɔ anyi, be yeadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la, eye dukɔ la tsi tre ɖe Mose gbɔ vaseɖe fiẽ.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 18:13
9 Mawu Ofanana  

“Ne meyi dua ƒe agbo nu, henɔ anyi ɖe zikpui dzi gli, le dua ƒe ablɔme la,


Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.


Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”


Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.


“Miƒo dukɔwo nu ƒu; mikplɔ wo va Yehosafat ƒe Balimee, afi ma manɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo katã.


“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi,


Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.


Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu.


“Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, mikpe ta, miakafui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa