Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 18:12 - Agbenya La

12 Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyome Mose to, Yetro, tsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ve na Mawu, eye Aron kple Israeltɔ tsitsiwo katã va, be woaɖu nu kple Mose to le Mawu ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 18:12
31 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi.


Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi.


Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene.


Tete Yakob sa vɔ na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ dɔ le to la dzi.


eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa,


Nɔviawo nɔ klalo be yewoatsɔ nunanawo ana Yosef ne eva le ŋdɔ me, elabena wogblɔ na wo be wole nu ɖu ge le afi ma.


Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo.


David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”


Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.


Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.


eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.”


Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.


Ɖetugbi adre, ame siwo nye Midian nunɔla ƒe vinyɔnuwo la va be yewoaku tsi ana yewo fofo ƒe alẽha.


Wo fofo gblɔ na wo be, “Nu ka ta miegblẽe ɖe afi ma ɖo? Miyi miakplɔe vɛ wòaɖu nu kpli mí.”


“ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo.


Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume.


Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa.


Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.


Mose tua agbadɔ la ɣe sia ɣi ɖe adzɔge ʋĩi tso asaɖa la gbɔ. Ena ŋkɔe be, “Agbadɔ Hena Gododo Mawu.” Ame sia ame si di be yeaƒo nu kple Yehowa la yia afi ma.


Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu.


Gbe ɖeka la, Mose gblɔ na srɔ̃a nɔviŋutsu, Hobab si nye Midiantɔ Reuel ƒe viŋutsu be, “Mlɔeba la, míele mɔ dzem ɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Na míayi. Míalé be na wò, elabena Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na Israel!”


Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie.


Esi ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, “Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!”


Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvi la ƒe ɖe la zua ame ɖeka.


Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ aɖanoe le gbɔgbɔ vɔ̃ hã ƒe kplɔ̃ ŋu o; nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o.


Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me.


Afi mae miawo kple miaƒe ƒometɔwo miaɖo kplɔ̃ ɖo le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye le nu siwo katã wòwɔ na mi la ta.


“Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa