Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 17:9 - Agbenya La

9 Mose gblɔ na Yosua be wòana Israelviwo nadzra ɖo, akpe aʋa kple Amalekitɔwo. Mose gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, matsi tsitre ɖe togbɛ la dzi. Mawu ƒe atikplɔ anɔ asinye!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 17:9
18 Mawu Ofanana  

ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua.


Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi.


“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.


Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la.


Yehowa ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume le Mawu ƒe agbadɔ la me abe ale si xɔlɔ̃ ƒoa nu kple xɔlɔ̃ ene. Le esia megbe la, Mose trɔna vaa asaɖa la me, ke Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ɖekakpui si kpena ɖe eŋu la, nɔa agbadɔ la me.


gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.”


Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.”


Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!


Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!”


Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”


Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me;


Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la,


Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yosua va zu kplɔla, eye wòho aʋa ɖe dukɔwo ŋu la, wokɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋuti dɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.


Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo.


Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema.


Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa