Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o!
Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta.