Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 17:12 - Agbenya La

12 Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke esi alɔ ku ɖe Mose ŋu la, wotsɔ kpe ɖe ete wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Xur lé eƒe asiwò ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka, eye ame evelia le axa bubu dzi Ale wole eƒe asiwò de te, vaseɖe esime ɣe ɖo to.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 17:12
15 Mawu Ofanana  

Tsɔ akplɔ nueveetɔ kple nuɖekɛtɔ ɖe yonyemetilawo ŋuti. Gblɔ na nye luʋɔ be, “Nyee nye wò xɔname.”


Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi.


Le esia ta Yosua kple eƒe aʋakɔ la ɖu Amalekitɔwo ƒe aʋakɔ dzi kple yi.


Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.”


Do ŋusẽ asi beliwo, eye nàli ke klo siwo le ƒoƒom la;


Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe amenuveve si na be míenɔ dedie la ta.


Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.


Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me.


Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta.


Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo.


Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.


Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa