Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 16:12 - Agbenya La

12 “Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Mese Israel-viwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: Fiẽ la miaɖu lã, eye ŋdi la miaɖu abolo aɖi ƒo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 16:12
17 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.”


Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.


Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me,


Yehowa gblɔ na Mose be,


Yehowa gblɔ nɛ be, “Wɔ esia ekema woaxɔ dziwò ase, ekema woadze sii be Yehowa, wo fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawue ɖe eɖokui fia wò nyateƒe.”


Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me,


Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu!


Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa.


Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo.


Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.


“Mlɔeba la, miava nya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi. Yerusalem azu kɔkɔeƒe; ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.


Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o.


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


Nuɖuɖu bubuwo de asi yakame siwo le wo dome la dzodzro me, eye Israelviwo gade asi liʋĩliʋĩlilĩ me hegblɔna be, “Ne míakpɔ lã aɖu ko!


“Va se ɖe ɣe ka ɣie ameha vɔ̃ɖi sia alĩ liʋĩliʋĩ ɖe ŋutinye? Mese Israelvi liʋĩliʋĩlĩla siawo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa