Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 15:9 - Agbenya La

9 Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Futɔ la gblɔ be: Mati wo yome, matu wo; mamã aboyonuwo me, hafi nye dzi nagbɔ ɖe me; maɖi nye yi, eye nye asi atsrɔ̃ wo!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 15:9
15 Mawu Ofanana  

“Benyamin nye amegaxi si léa nu. Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi, eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.”


“Meti nye futɔwo yome eye metsrɔ̃ wo; nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃.


eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”


Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”


Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?”


Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo.


Ke mawuwo dometɔ kawoe le dukɔ siawo katã me si te ŋu ɖe eƒe anyigbawo tso nye asi me kpɔ hafi Yehowa ya ate ŋu aɖe Yerusalem tso nye asimea?”


eya ta mana gomekpɔkpɔe le ame ŋkutawo dome. Ama afunyinuwo kple kalẽtɔwo, elabena etsɔ eƒe agbe de ku me ke, eye wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome ene; evɔ eyae tsɔ ame geɖewo ƒe nu vɔ̃, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.


Afi ma woado ɣli le be, ‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola; eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ”


Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene.


Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo.


‘Ɖe menye afunyinu geɖe lɔm wole hele mamam nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe, atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera abe nuhaha ene, atsyɔ̃ɖowu siwo to wolɔ̃ nu ɖo, wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie be woadze kɔme nam eye esiawo katã nanye nuhaha oa?’


David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa