Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 15:8 - Agbenya La

8 Wò ŋɔtimegbɔgbɔ do, eye wòna tsiawo ƒu kpo. Tsi sisi la nɔ te, eye wòlé akpa aveawo ɖe te abe gli ene, eye tsi goglo la zi ɖoɖoe le atsiaƒu la titina.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wò ŋɔti me gbɔgbɔ na tsiawo ƒo kɔ, tsi sistawo dzɔ abe gli ene; ƒuɖɔɖɔ la dzi lɔ̃ agba, abe ɖe wòɖo alɔ̃ ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 15:8
13 Mawu Ofanana  

Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.


Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na.


Eƒo atsiaƒumetsiwo nu ƒu ɖe kpluwo me, eye wòdzra tɔ goglowo ɖo ɖe nudzraɖoƒewo.


Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.


Israelviwo zɔ anyigba ƒuƒui dzi hetso ƒu la, esime tsi la trɔ zu gli ɖe woƒe ɖusime kple miame.


gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.


Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”


Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese. Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe eye woƒe tsotsoewo de dzi.


Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la.


Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi.


Ne nunɔla siwo kɔ Yehowa, anyigba la katã ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, ka afɔ Yɔdan tɔsisi la me teti ko la, eƒe tsi siwo le sisim yi anyigbeme la nu atso, eye woazu gli.”


dzigbetsi la dzudzɔ sisi, eye wòzu gli le adzɔge na wo le du aɖe si woyɔna be Adam la gbɔ le Zaretan lɔƒo. Ke tsi si nɔ sisim yina ɖe anyigbeme la si yi ɖe Araba alo Dzeƒu la me. Ale tsi la ƒe sisi tɔ keŋkeŋ, eye ameawo tso tɔsisi la ɖi go ɖe Yeriko kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa