Ale tsi la gbugbɔ yi enɔƒe hetsyɔ tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo la, si dze Israelviwo yome ge ɖe atsiaƒu la me dzi. Wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ adze wo dzi. Woatrɔ azu kpe, le wò abɔ ƒe ŋusẽ ta, va se ɖe esime wò amewo atso eme ava ayi. O, Yehowa, va se ɖe esime wò ame siwo nèƒle la, atso eme ava yi.
Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.