Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 15:3 - Agbenya La

3 Yehowa nye aʋawɔla, Ɛ̃, eŋkɔe nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 15:3
14 Mawu Ofanana  

Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae.


O! Kalẽtɔ, tsɔ wò yi ta ɖe ali, eye nàtsɔ wò atsyɔ̃ kple gãnyenye ata.


Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.


Yehowa awɔ aʋa na mi; miawo ya mizi kpoo nɛ ko.”


Woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo de asi dodo me le wo te. Ale woƒe tasiaɖamwo de asi anyigbatete me. Egiptetɔwo do ɣli be, “Mina míadzo le Israel nu. Yehowa le aʋa wɔm kpli mí na wo!”


Ke Mose biae be, “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be, ‘Mia fofowo ƒe Mawue ɖom ɖa’ la, woabia be, ‘Mawu sia ŋkɔ ɖe?’ Ekema nya ka magblɔ na wo?”


Mawu ɖo eŋu na Mose be, “Menye ame si Menye. Gblɔ na Israelviwo ko be, ‘Menyee dɔm ɖa.’ ”


Mawu gblɔ kpe ɖe eŋu na Mose be, “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ.’ “Esiae nye nye ŋkɔ tegbee, ŋkɔ si woayɔ nam tso dzidzime yi dzidzime si ŋu dɔ woawɔ.


Yehowa ado abe kalẽtɔ ene. Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene. Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi.


“Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma! Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe alo kafukafu ana legbawo o.


“Ale Yehowa, ame si wɔ anyigba, Yehowa si wɔe hetsɔe ɖo te, eye eŋkɔe nye Yehowa la gblɔe nye esi:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa