Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:7 - Agbenya La

7 Etia tasiaɖam nyuitɔ alafa ade kpe ɖe tasiaɖam bubu siwo katã nɔ Egipte la ŋu, eye wòtsɔ asrafomegãwo ɖo ɖe sia ɖe nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wolia tasiaɖam alafa ade kpe ɖe Egiptetɔwo ƒe tasiaɖam bubuawo ŋu, esi wo katã me aʋa wolã veviwo le.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:7
11 Mawu Ofanana  

Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii.


Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.


Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.


Egiptetɔwo, Farao ƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple sɔdolawo dze wo yome to atsiaƒu la ƒe gliwo me, eye woawo hã wonɔ atsiaƒu la ƒe ƒuƒuiƒe zɔm.


Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi.


Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome.


Ede Farao ƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔwo ƒu, eye wònyrɔ wo ɖe atsiaƒu la me. Farao ƒe aʋakplɔla xɔŋkɔwo nyrɔ ɖe Ƒu Dzĩ la me.


To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le.


Esi Barak zɔ gbɔna la, Yehowa de tɔtɔ Sisera, eƒe tasiaɖamwo kple aʋakɔ la dome kple yi eye Sisera ŋutɔ ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si.


Esi gatasiaɖam alafa asiekɛ nɔ esi, eye wòwɔ funyafunya Israelviwo ƒe blaeve sɔŋ ta la, Israelviwo do ɣli na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖe yewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa