Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?”