Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:5 - Agbenya La

5 Esi Egipte fia se be Israelviwo meɖo ta me be yewoagbugbɔ va Egipte le ŋkeke etɔ̃ megbe o, ke boŋ yewoayi mɔzɔzɔ dzi la, Farao kple eŋumewo ƒe mo nyra, eye dzi gaɖo wo ƒo. Wobia be, “Nu kae nye esi míewɔ be míeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo eye míebu woƒe subɔsubɔdɔ nyuitɔwo?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi wogblɔ na Egipte-fia bena, dukɔa si la, Farao kple eŋu mewo ƒe dzi trɔ ɖe dukɔ la ŋuti; elabena wogblɔ bena: Nukaŋuti míewɔ alea, eye míeɖe asi le Israel-viwo ŋuti, be womagasubɔ mí o?

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:5
9 Mawu Ofanana  

Ŋkeke etɔ̃ va yi hafi Laban nya nu tso Yakob ƒe sisi ŋu.


ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la, eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu.


Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.”


Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la.


Ale Farao na wodzra eƒe tasiaɖam ɖo nɛ, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ ɖe asi.


Futɔ la gblɔ dadatɔe be, ‘Mati wo yome, matu wo, mama woƒe afunyinuwo. Mana nye didi ɖe wo ŋuti nava eme. Maɖe nye yi tso aku me, eye nye asi atsrɔ̃ wo.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa