Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 14:16 - Agbenya La

16 Do wò atikplɔ la ɖe dzi, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi be atsiaƒutsi la nama ɖe eve, ale be Israelviwo nato atsiaƒu la me ayi le anyigba ƒuƒui dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 14:16
16 Mawu Ofanana  

Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”


Yehowa gblɔ na Mose be, “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? Gblɔ na Israelviwo be woaɖe zɔ, ayi ŋgɔ


Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.”


Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Dze ŋgɔ na dukɔ la, kplɔ Israel ƒe ametsitsi aɖewo ɖe asi. Tsɔ atikplɔ si netsɔ ƒo Nil tɔsisi la ɖe asi, eye nàyi.


Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume.


gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.”


Yehowa biae be, “Nu kae nye ema le asiwò?” Mose ɖo eŋu be, “Alẽkplɔla ƒe atikplɔe.”


Ale Mose kplɔ srɔ̃a kple via ŋutsuviwo da ɖe tedzi dzi, eye wòdze mɔ yina ɖe Egipte. Elé “Mawu ƒe atikplɔ” la ɖe asi goŋgoŋgoŋ!


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”


“Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.”


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene, eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi abe ale si wòdze le Egipte la ene.


O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua? Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua? Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea?


Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa