Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 13:21 - Agbenya La

21 Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibia ɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 13:21
21 Mawu Ofanana  

Ètsɔ lilikpo dodo kplɔ mía tɔgbuiwo le ŋkeke me, eye nèkplɔ wo kple dzosɔti le zã me, ale be woate ŋu akpɔ mɔ.


ke le wò amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ ta la, mègble wo ɖi be woaku le gbedzi o! Alilĩkpododo la kplɔa wo yia ŋgɔe gbe sia gbe, eye dzosɔti la fiaa mɔ wo le zã me.


Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene, eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.


O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ, hezɔ to gbegbe la, Sela


Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene, to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi.


Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me.


Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me, eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.


Farao yi edzi be, “Yehowa naɖi na mi, nyemaɖe asi le mia kple mia viwo ŋu miayi o. Eme kɔ ƒãa be nu gbegblẽ aɖee mieɖo ɖe ta me.


Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me.


Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.”


Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe abe dzudzɔ babla si wotɔtɔ kple lifi kple atike ʋeʋĩ si wowɔ kple nu vovovo siwo woƒle le asitsalawo si la ene?


Wodze mɔ le ŋkeke me. Yehowa ƒe lilikpo la nɔ zɔzɔm le ŋgɔ na wo.


Wogblɔ nya sia na anyigba sia dzi nɔlawo, eye wonya nyuie be, wò Yehowa nèle Israel dzi, eye nèƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume. Wokpɔa lilikpo dodo la kple dzo bibi la wonɔa mía tame. Wonya be èkplɔa mí, eye nèkpɔa mía ta le ŋkeke me kple zã me siaa.


evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.


Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa