Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:6 - Agbenya La

6 Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:6
34 Mawu Ofanana  

Yosia ɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa le Yerusalem eye wowu Ŋutitotolẽvi la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, aboyometsolawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.


“Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe.


“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime.


Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ.


Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi.


Azɔ la, Israel ƒe ha blibo la dzo le Elim, eye woyi Sin, gbegbe si le Elim kple Sinai to la dome. Woɖo afi ma le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le woƒe dzodzo le Egipte megbe.


“Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”


Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi.


ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me.


Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi.


“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã.


Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ.


“Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi.


Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o.


le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve.


Azɔ la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Barabas ŋuti na yewo, eye woawu Yesu.


Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”


Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ.


Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be wòaɖe asi le Barabas boŋ ŋu, ke menye Yesu o.


Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu.


Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo dometɔ ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔna ɖaa ene.


Azɔ ha blibo la katã tso hekplɔ Yesu va Pilato gbɔ.


Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!”


Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.


Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ.


Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu.


Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa