Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 12:12 - Agbenya La

12 “Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 12:12
26 Mawu Ofanana  

Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã.


Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi; amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo.


Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome.


“Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’,


Akpe adze anyi ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusime, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o.


Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.


“Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o.


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


ekema ele be aƒetɔ la nakplɔe va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, aŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui le amewo ŋkume, ekema azu kluvi azɔ tegbetegbe.


“Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o.


Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa.


Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.


Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me.


Amu legba siwo le Ɣemawu ƒe gbedoxɔ me le Egipte la aƒu anyi eye wòatɔ dzo Egipte mawuwo ƒe trɔ̃xɔwo katã.’ ”


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be, “Mahe gbegblẽ va Tebestɔwo ƒe mawu Amon, Farao, Egipte, eƒe fiawo kple eƒe mawuwo kple ame siwo katã ziɔ ɖe Farao ŋuti la dzi.


Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”


Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me, elabena mava to afi ma akaka agbleawo.” Yehowae gblɔe.


Yehowa ana nu vɔ̃ɖi geɖe nava wo dzi. Atsrɔ̃ woƒe mawuwo katã kple woƒe ŋusẽ ɖa, eye ame sia ame asubɔe le eƒe anyigba dzi le xexea me godoo.


le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi.


Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe


Miwɔ nuƒoƒoeawo kple afi siwo le miaƒe anyigba gblẽm la ƒe nɔnɔmewo eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ɖewohĩ aɖe eƒe dɔmedzoe si wòda ɖe miawo ŋutɔ kple miaƒe mawuawo kple miaƒe anyigba dzi la ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa