Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 11:5 - Agbenya La

5 Ŋutsuvi tsitsiwo katã aku le ƒome ɖe sia ɖe me le Egipte, tso Farao ƒe viŋutsu tsitsitɔ, ame si aɖu fia ɖe eteƒe la dzi va se ɖe eƒe kluvi gblɔetɔ kekeake ƒe viŋutsu tsitsitɔ dzi. Gawu la, lãwo gɔ̃ hã ƒe ŋgɔgbeviwo hã aku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye ŋgɔgbeviwo katã aku le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si ava no eƒe zi dzi la dzi vaseɖe kosi, si le teƒo, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 11:5
13 Mawu Ofanana  

Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi, esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo.


Eƒo Egipte ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi; amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo.


Eya ame si ƒo Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.


“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.


Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã.


Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’


Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ”


Yi te dzi nàtu wɔ. Ɖe wò motsyɔvɔ da ɖi. Klo wò avɔ ɖe dzi. Na wò afɔwo nadze, eye nàtso tɔwo.


Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te.


Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.


To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋuhehlẽ ɖi anyi, ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o.


Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa